Mark 9

Yesu trɔ eƒe nɔnɔme le to dzi

(Mateo 17:1-13; Luka 9:28-36)

1Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Mia dometɔ aɖewo siwo le afi sia la anɔ agbe va sa ɖe esime mawufiaɖuƒea nava le ŋusẽ gã aɖe me.”

2Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes yi to kɔkɔ aɖe tame. Ame aɖeke menɔ teƒe sia o.

Esi wo ɖo afi ma teti ko la Yesu ƒe mo de asi keklẽ me kple ŋutikɔkɔe,
3eye eƒe awu si wòdo la trɔ fu pampampam. Awu la fu ale gbegbe be, naneke mele xexeame ate ŋu awɔe wòafu nenema o. 4Azɔ Eliya kple Mose va do ɖe Yesu gbɔ eye wode asi dzeɖoɖo me kplii.

5Petro gblɔ na Yesu be, “Nufiala, enyo na mí be míanɔ afi sia. Mína míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.” 6Egblɔ esia elabena menya nu si wòagblɔ o, wovɔ̃ ŋutɔ.

7Esi Petro nɔ nya siawo gblɔm la, alilikpo aɖe va tsyɔ wo dzi eye wòxe ɣe ŋkume. Gbe aɖe ɖi tso alilikpoa me be, “Esia nye vinye lɔlɔ̃a. Miɖo to Eyama.”

8Kasia nusrɔ̃la etɔ̃awo megakpɔ ame aɖeke le wo gbɔ o negbe Yesu ɖeka ko, elabena Mose kple Eliya wodzo.

9Esi wonɔ ɖiɖim tso toa dzi gbɔna la, Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, negbe le yeƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe ko. 10Ale nusrɔ̃lawo ɣla nya siawo ɖe woƒe dziwo me. Gake zi geɖe la, woƒoa nu le eŋu eye wobua ta me vevie le nu si tututu Yesu wɔnɛ be, “Tsitretsitsi tso ame kukuwo dome” la ŋu.

11Farisitɔwo kple agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm ɖaa be, ele be Eliya natrɔ va hafi Mesia la nate ŋu ava. Nya sia me mekɔ na nusrɔ̃lawo o, eya ta wobia Yesu be wòaɖe eme na yewo. 12Yesu ɖo eŋu be, “Le nyateƒe me la Eliya va xoxo eye wò ɖɔ nuwo katã ɖo. Azɔ nu ka ta woŋlɔ̃e ɖi le Amegbetɔvi la ŋu be akpe fu geɖe eye woagbe nu le egbɔ? 13Ke mele gblɔm na mi be Eliya va eye wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔ lae, abe ale si woŋlɔ̃e ɖii la ene.”

Yesu da gbe le ŋutsuvi, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe, ŋu

(Mateo 17:14-20; Luka 9:37-43)

14Wova ɖo toa te eye wokpɔe be ameha gã aɖe ƒo xlã nusrɔ̃la asieke mamleawo. Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo nɔ nuka hem kpli wo. 15Esi ameha la kpɔ Yesu la vɔvɔ̃ lé wo ke woƒu du yi egbɔ be yewoaɖado gbe nɛ. 16Yesu bia wo be, “Nya ka tututu hem miele?”

17Ame ɖeka le ameawo dome do ɣli gblɔ be, “Nufiala meɖe kuku vinyee mekplɔ vɛ na wò be nàda gbe le eŋu nam. Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le eme si wɔe be mete ŋu ƒoa nu o. 18Nyateƒe ne gbɔgbɔ baɖa sia dze edzi la, etsɔnɛ xlãna ɖe anyi ŋɔdzitɔe eye futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ; eɖua aɖukli eye eya ame bliboa ƒe lãme liana sesĩe. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃ sia le eme gake womete ŋui o.”

19Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be, “Mi xɔse ʋeetɔ siawo, ŋkeke nenie wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Ale ke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam.”

20Ale wokplɔ ɖevi la yii na Yesu. Gake kaka wòakpɔ Yesu ko la gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyigba sesĩe; eƒo dablibɛ le anyigba eye futukpɔ hã nɔ dodom le enu.

21Yesu bia ɖevia fofo be, “Tso ɣekaɣi ke wòle dɔ sia lém?” Fofoa ɖo eŋu be, “Tso keke eƒe ɖevime ke, 22Gbɔgbɔ vɔ̃ sia nana wodzea dzo me alo tsi me eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, eye ne àte ŋui la, nàwɔ nane tso eŋuti na mí.”

23Yesu gabiae be, “Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko.”

24Fofo la ɖo eŋu enumake be, “Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!” 25Yesu kpɔ be ameha la nɔ dzidzim ɖe edzi eya ta eɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “O, gbɔgbɔ maƒonu, tokunɔ gbɔgbɔ, meɖe gbe na wò be nàdo go le ɖevi sia me enumake eye mèkpɔ mɔ agage ɖe eme azɔ o.”

26Gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, ganyama ɖevia nublanuitɔe eye wòdo go le eme. Azɔ ɖevia fa miamiamia ɖe anyigba eye wòli kpoo abe ɖe wòku ene. Ale ameawo katã gblɔ be, eku. 27Ke Yesu lé eƒe alɔnu eye wòna wòtsi tre eye nukutɔe la eƒe lãme sẽ. 28Azɔ esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe si me wodze la, nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ ma dogoe o?”

29Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu siawo ƒomevi wɔwɔ hiã gbedodoɖa kple nutsitsidɔ.”

Yesu gblɔ nya le eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi evelia

(Mateo 17:22-23; Luka 9:43-45)

30Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le nuto sia me eye woɖo ta Galilea nutoa me. Yesu dze agbagba vevie be amewo nagakpɔ ye o, 31elabena edi be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe afia nu eƒe nusrɔ̃lawo. Zi geɖe ne ele nu fiam wo la egblɔna na wo be, “Nye Mesia la, woadem asi eye woawum. Gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la magatsi tre tso ame kukuwo dome.”

32Nusrɔ̃lawo mete ŋu se nya siawo gɔme o gake ale si woawɔ abia la hã zu dɔ elabena wonɔ vɔvɔ̃m.

Ame kae nye gãtɔ le mawufiaɖuƒe la me?

(Mateo 18:1-5; Luka 9:46-48)

33Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum. Esi wova ɖo aƒe si me wodze eye woƒe mo dze anyi vɔ la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi míenɔ mɔa dzi gbɔna ɖe, nya ka me dzrom mienɔ?”

34Nyateƒe, nya sia ŋu ɖoɖo sesẽ na nusrɔ̃lawo elabena nya si hem wonɔ la ku ɖe ame si nye wo katã ƒe gãtɔ la ŋu.

35Yesu bɔbɔ nɔ anyi, eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo wuieveawo ƒo ƒui eye wògblɔ na wo be, “Ame si di be yeanye mi katã ƒe gãtɔ la ele nɛ be wòanye suetɔ kekeake gbã, ẽ ele be wòanye mi katã ƒe subɔla!”

36Azɔ ekplɔ ɖevi aɖe va wo titinae, kɔe ɖe eƒe abɔwo dome eye wògblɔ na wo be, 37“Ame si axɔ ɖevi aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee ma wòxɔ, eye ame si axɔm la, menye nyee wòxɔ o, ke boŋ Fofonye si dɔm ɖa lae wòxɔ!”

Ame si metsi tre ɖe mía ŋu o la, le mía dzi

(Luka 9:49-50)

38Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yohanes la gblɔ nɛ be, “Nufiala, míekpɔ ame aɖe si tsɔ wò ŋkɔ nɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyamii le amewo me. Ale míegbe nɛ be megawɔe o, elabena menye mía dometɔ ɖekae wònye o.”

39Yesu gblɔ nɛ be, “Migagbe nɛ o, elabena ame si le nukunu aɖe wɔm le nye ŋkɔ dzi la, mate ŋu anye futɔ o. 40Ame si metsi tre ɖe mía ŋu o la, le míaƒe akpa dzi.” 41Yesu yi edzi be, “Ne ame aɖe na tsi kplu ɖeka mi elabena mienye tɔnyewo la, magblɔe na mi kple kakaɖedzi geɖe be, ame sia mabu fetu si wòaxɔ la o.

Nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe tetekpɔwo

(Mateo 18:6-9; Luka 17:1-2)

42“Gake na ame aɖe awɔe be ɖevi sue siawo ƒomevi ɖeka abu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, ne wotsi kpe gã aɖe ɖe kɔ nɛ tsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me la, anyo nɛ wu sã.

43“Ne wò asi ɖia nu wò la, lãe ɖe. Enyo na wò be nage ɖe mawufiaɖuƒe la me kple asikpo wu be asi eve nanɔ ŋuwò nayi dzomavɔʋe la me, afi si dzo metsina le o. 44Afi si woƒe nyẽ mekuna le o, eye wometsia dzo hã le na le o. 45Ne wò afɔ ɖia nu wo la, lãe ɖa. Enyo na wò be nage ɖe agbe la me kple afɔkpo, wu esi afɔ eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me. 46Afi si woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o. 47Eye ne wò ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme. Enyo na wò be nayi mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka wu be nayi dzomavɔʋe la me kple ŋku eve. 48Afi si woƒe nyẽ mekuna le o eye dzo la hã metsina le o, 49eye woatsɔ dzobibi ade dze ame sia me wòatee.”

50Yesu wu eƒe nuƒoa nu be, “Dze nye nu vevi aɖe gake nenye be dze bu eƒe vivi la, womagate ŋu atsɔe ade naneke o, elabena meganyo na naneke o. Eya ta migabu vivi si le mia me la o! Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”

Copyright information for EweBEE